Mark 6:23 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Eka atam nɛ be, “Nu sia nu si nàbia la, matsɔe na wò; nenye nye fiaɖuƒe la ƒe afã nèbia hã la, mana wò.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòka atam ne bena: Nusi ke nabiam la, mana wò vaseɖe nye fiaɖuƒe la ƒe akpa afã dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eka atam nɛ ɖe edzi be: “Matsɔ nu sia nu si nàbiam la ana wò, va se ɖe keke nye fiaɖuƒe ƒe afã ke gɔ̃ dzi.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Eka atam nɛ be, “Nu sia nu si nãbia la matsɔe ana wò, nenye nye fiaɖuƒe ƒe afã nèbia hã mana wò.”