Mark 6:25 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Nyɔnuvi la gaɖe abla va fia la gbɔ va gblɔ nɛ be, “Mele Yohanes Mawutsidetanamela ƒe ta dim fifi laa, nenɔ agba me woatsɔ vɛ nam.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye enumake wòɖe abla va fia la gbɔ, eye wòbiae gblɔ bena: Meɖi bena, natsɔ Yohanes mawutsidetanamela ƒe ta nam le agba me fifilaasi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Enumake nyɔnuvia ɖe abla va fia la gbɔ, eye wògblɔ nɛ be: “Medi be nàtso Yohanes, mawutsilenamela ƒe ta, eye nàtsɔe ade agba me nam fifi laa.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Nyɔnuvia gaɖe abla va fia la gbɔ va gblɔ nɛ be, “Mele Yohanes Mawutsidetanamela ƒe ta dim fifi laa, nenɔ agba me woatsɔ vɛ nam.”"