Mark 6:37 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Gake Yesu gblɔ na wo be, “Miawo mina nuɖuɖu wo.” Nusrɔ̃lawo biae be, “Nu ka míana wo? Hafi woate ŋu ana nuɖuɖu ameha sia la, ehiã ga home gã aɖe.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòxɔ edzi na wo gblɔ bena: Miawo la mina nu wo, ne woaɖu. Eye wogblɔ nɛ bena: Ekema de miayi aɖaƒle abolo denario alafa eve nu, ne miatso ana wo, ne woaɖu mahã?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eɖo eŋu na wo be: “Miawo midi nu na wo ne woaɖu.” Wogblɔ be: “Ɖe míayi aɖaƒle abolo klosaloga alafa eve nu vɛ na wo, woaɖua?”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Gake Yesu gblɔ na wo be, “Miawo mina nuɖuɖu wo.” Nusrɔ̃lawo biae be, “Nu kae míana wo? Hafi woate ŋu ana nuɖuɖu ameha sia la, ehiã ga home gã aɖe.”