Mark 6:48 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Yesu ɖeka nɔ godzi kpɔ wo ɖa. Ekpɔ be ya sesẽ si nɔ ƒoƒom la nɔ fu ɖem na wo ale gbegbe be ʋua kuku sesẽ na wo ŋutɔ. Anɔ abe fɔŋli ga etɔ̃ me ene la, Yesu zɔ ƒu la dzi ɖo ta wo gbɔ. Ewɔ abe ɖe wòbe yeazɔ to wo ŋu ene,
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòkpɔ wo wole fu kpem le ʋuakuku me; elabena ya ƒo le wo kpem Eye ano zã ƒe ŋudzɔɣi enelia me la ele ƒu dzi zɔm gbɔna wo gbɔ, eye wòdi be, yeato wo ŋuti ayi;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ekpɔ be ʋua kuku sesẽ na nusrɔ̃laawo, elabe ya ƒo va le wo kpem. Le fɔŋli me la, ezɔ tsia dzi ɖo ta wo gbɔ, eye wòdi be yeato wo ŋu ayi.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Yesu ɖeka nɔ godzi kpɔ wo ɖa. Ekpɔ be ya sesẽ si nɔ ƒoƒom la nɔ fu ɖem na wo ale gbegbe be ʋua kuku sesẽ na wo ŋutɔ. Anɔ abe fɔŋli ga etɔ̃ me ene la, Yesu zɔ ƒua dzi ɖo ta wo gbɔ. Ewɔ abe ɖe wòbe yeazɔ to wo ŋu ene