Mark 7:19 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ne ame ɖu nu la, meyina eƒe dzi me o, ke boŋ etoa eƒe dɔkaviwo me hezua nugodo.” (Egblɔ nya sia be yeafia be nuɖuɖu ɖe sia ɖe ŋuti kɔ.)
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
elabena menye eƒe dzi me wòyina ɖo o, hafi boŋ eƒe dɔ me wòyina ɖo, eye wòɖadena ɖe kpɔxa, le esia me nuɖuɖuawo katã ŋuti kɔna lena o mahã?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Elabe menye ame ƒe dzimee wògena ɖo o, ke boŋ eƒe dɔmee wòyina, eye wòdenɛ le nugodo.” Yesu fia le esia me be nuɖuɖuwo katã ŋu kɔ.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ne ame ɖu nu la meyina eƒe dzi me o. Ke boŋ etoa eƒe dɔkaviwo me.” Egblɔ nya sia be yeafia be nuɖuɖu ɖe sia ɖe ŋuti kɔ.