Mark 8:10 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Le nu siawo megbe la, Yesu ge ɖe ʋu la me enumake kple eƒe nusrɔ̃lawo, wova ɖi go ɖe Dalmanuta nuto me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye enumake wòɖo ʋu kple eƒe nusrɔ̃lawo, eye wova Dalmanuta-nutoawo me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yesu do mɔ wo, eye eya kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖo tɔdziʋu enumake va Dalmanuta-nutowo me.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Le nu siawo megbe la, Yesu ge ɖe ʋu aɖe me enumake kple eƒe nusrɔ̃lawo eye wova ɖi go ɖe Dalmanuta nutowo me.