Mark 8:23 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Yesu lé ŋkunɔ la ƒe alɔnu, eye wòkplɔe do goe le dua me. Eɖe ta ɖe eƒe ŋkuwo dzi, eye wòda asi ɖe wo dzi. Azɔ ebia ŋkunɔ la be, “Ète ŋu le nu kpɔma?”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye esi wòlé ŋkuagbãtɔ la ƒe alɔnu la, ekplɔe do go tso du la me, eye esi wòɖe ta ɖe ŋku dzi nɛ, eye wòtsɔ eƒe asiwo ɖo edzi la, ebiae bena: Ele nane kpɔma?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yesu lé ŋkuagbãtɔ la ƒe alɔnu, eye wòkplɔe do goe le dua me. Enyɔ́ ta ɖe eƒe ŋku dzi, hetsɔ asi ɖo edzi, eye wòbiae be: “Èle nane kpɔma?”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Yesu lé ŋkunɔ la ƒe alɔnu eye wòkplɔe do goe le dua me. Eɖe ta ɖe eƒe ŋkuwo dzi, eye wòda asi ɖe wo dzi. Azɔ ebia ŋkunɔ la be, “Ète ŋu le nu kpɔma?”