Mark 8:27 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dzo le Galilea heyi Kaisarea Filipi kɔƒewo me. Esi wozɔ yina la, Yesu bia nusrɔ̃lawo be, “Ame ka amewo bu be menye? Aleke wole gbɔgblɔm tso ŋunye?”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Yesu do go kple eƒe nusrɔ̃lawo heyi ɖe Kaisarea Filipi ƒe kɔƒewo me; eye le mo dzi la ebia eƒe nusrɔ̃lawo gblɔ na wo bena: Ameka amewo gblɔna bena, menye mahã?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dze mɔ yi kɔƒe, siwo ƒo xlã Kaisarea Filipi du la me. Le mɔ ta la, ebia eƒe nusrɔ̃lawo be: “Ame ka amewo gblɔna be menye?”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo dzo le Galilea heyi Kaisaria Filipi kɔƒewo me. Esi wonɔ zɔzɔm yina la, Yesu bia nusrɔ̃lawo be, “Ame kae amewo buna be menye? Ale ke wole gbɔgblɔm tso ŋunye?”