Mark 8:31 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Azɔ Yesu de asi nufiafia wo me be edze be Amegbetɔ Vi la nakpe fu geɖewo. Egblɔ na wo be dumegãwo kple nunɔlagãwo agbe nu le ye gbɔ. Sefialawo hã agbe ye, eye woawu ye, gake yeagafɔ le ŋkeke etɔ̃ megbe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòde asi wo fiafia me bena: Ele na Amegbetɔvi la bena, woakpe fu geɖe, eye amegãwo kple nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo woado vloe, eye woawui, eye wòatsi tre le ŋkeke etɔ̃agbe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Azɔ Yesu de asi nufiafia wo me be: “Ele na Amegbetɔ Vi la be wòakpe fu geɖe, eye amegãwo, nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo ado vloe, eye woawui, gake agafɔ ɖe tsitre le ŋkeke etɔ̃a gbe.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Azɔ Yesu de asi fukpekpe dziŋɔ siwo katã kpe ge wòala la ŋu nyawo gbɔgblɔ me na eƒe nusrɔ̃lawo. Egblɔ na wo be dumegãwo kple Osɔfogãwo agbe nu le ye gbɔ. Agbalẽfialawo hã agbe ye eye woawu ye. Gake yeagafɔ le ŋkeke etɔ̃ megbe.