Mark 8:33 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Yesu trɔ kɔ kpɔ eƒe nusrɔ̃lawo, eye wògblɔ na Petro adãtɔe be, “Wò Satana, te ɖa le gbɔnye elabena èle nu siawo kpɔm le amegbetɔ ƒe susu nu, ke menye le Mawu tɔ nu o.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke etrɔ kpɔ eƒe nusrɔ̃lawo, eye wogbe nya na Petro gblɔ bena: Te ɖokuiwò ɖa yi megbenye, Satana! Elabena menye Mawu tɔ nèsusu o, negbe nusi nye amegbetɔwo tɔ la ko.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yesu trɔ kpɔ eƒe nusrɔ̃lawo dzi ɖa heka mo na Petro gblɔ be: “Dze nam mayi, Abosam. Elabe nu siwo le vevie na wò la, womedze Mawu tɔ dzi o, ke boŋ amegbetɔ tɔ wonye.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Yesu trɔ kɔ kpɔ eƒe nusrɔ̃lawo eye wògblɔ na Petro kple moveviɖoɖo be, “Wò Satana, te ɖa le gbɔnye elabena èle nu siawo kpɔm le amegbetɔ ƒe susu nu ke menye le Mawu tɔ nu o.”