Mark 8:34 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Azɔ eyɔ nusrɔ̃lawo kple amehawo ƒo ƒu be woaɖo to ye. Egblɔ na wo be, “Ne mia dometɔ aɖe di be yeadze yonyeme la, ele be wòaɖe asi le nu siwo katã doa dzidzɔ nɛ la ŋu, wòakɔ eƒe atitsoga akplɔm ɖo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòyɔ ameha la kple eƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ gblɔ na wo bena: Amesi ke le lɔlɔ̃m bena, yeadze yonyeme la, negbe nu le ye ŋutɔ dokui gbɔ, eye wòatsɔ eƒe atitsoga, eye wòadze yonyeme.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eyɔ ameha la kple eƒe nusrɔ̃lawo va eɖokui gbɔ, eye wògblɔ na wo be: “Ne ame aɖe di be yeanɔ yonyeme la, negbe nu le eya ŋutɔ ɖokui gbɔ, netsɔ eƒe atitsoga, eye wòanɔ yonyeme.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Azɔ eyɔ nusrɔ̃lawo kple amehawo ƒo ƒui be woaɖo to ye. Egblɔ na wo be, “Ne mia dometɔ aɖe di be yeadze yonyeme la ele be wòaɖe asi le nu siwo doa dzidzɔ nɛ la katã ŋu eye wòatsɔ eƒe atitsoga akplɔm ɖo.