Mark 8:38 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Le ŋkeke siawo me, esi dzimaxɔse kple nu vɔ̃ bɔ alea la, ame si nye kple nye nyawo akpe ŋu na la, Amegbetɔ Vi la akpe ŋu eya hã nenye be etrɔ va le Fofoa ƒe ŋutikɔkɔe la me kple eƒe mawudɔla kɔkɔeawo.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena amesi ke kpe ŋu nye kple nye nyawo le dzidzime wɔahasi kple dzidzime wonuvɔ̃ sia dome la, Amegbetɔvi la hã akpe ŋui, ne ava le Fofoa ƒe ŋutikɔkɔe me kple mawudɔla kɔkɔeawo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ame si ke nye kple nye nyawo kpe ŋu na, le dzidzime sia, siwo mexɔ se o, eye wonye nuvɔ̃wɔlawo la ŋkume la, ame ma akpe ŋu na Amegbetɔ Vi la hã, ne eva ɖo le Tɔ́a ƒe ŋutikɔkɔe me kple mawudɔla kɔkɔeawo.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Le ŋkeke siawo me esi dzimaxɔse kple nu vɔ̃ bɔ alea la, ame si nye ŋutɔ kple nya siwo gblɔm mele na mi akpe ŋu na la, Nye Mesia la makpe ŋu eya hã nenye be metrɔ va le Fofonye ƒe ŋutikɔkɔe la me kple eƒe mawudɔla kɔkɔeawo.”