Mark 9:1 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Yesu yi edzi gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be, “Nyateƒe gblɔm mele na mi be, mia dometɔ aɖewo, siwo le afi sia la anɔ agbe va se ɖe esime mawufiaɖuƒe la nava le ŋusẽ gã aɖe me.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wògblɔ na wo bena: Vavã mele egblɔm na mi bena: Amea ɖewo le amesiwo le tsitre le afisia la dome, siwo mele ku ɖɔ ge akpɔ o, vaseɖe esime woakpɔ Mawu ƒe fiaɖuƒe la wògbɔna kple ŋusẽ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yesu yi edzi gblɔ be: “Nyateƒe tututu wònye tom mele na mi, be ame aɖewo le mia dome le afi sia, siwo maku, hafi Mawu ƒe fiaɖuɖu la ava ŋusẽtɔe o.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Yesu yi edzi gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be, “Mia dometɔ aɖewo siwo le afi sia la anɔ agbe va se ɖe esime mawufiaɖuƒea nava le ŋusẽ gã aɖe me.”