Mark 9:10 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ale nusrɔ̃lawo ɣla nya siawo ɖe woƒe dziwo me, gake zi geɖe la, woƒoa nu le eŋu, eye wobua ta me vevie le nu si tututu Yesu gblɔna be, “Tsitretsitsi tso ame kukuwo dome” la ŋu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wodzra nya la ɖo, eye wobia le wo nɔewo dome bena: Nukae nye tsitretsitsi tso ame kukuwo dome la mahã?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nya la tsi woawo ɖeɖe dome, eye wole wo nɔewo biam be: “Tsitretsitsi tso ame kukuwo dome gɔme ɖe?”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ale nusrɔ̃lawo ɣla nya siawo ɖe woƒe dziwo me. Gake zi geɖe la, woƒoa nu le eŋu eye wobua tame vevie le nu si tututu Yesu wɔnɛ be, “Tsitretsitsi tso ame kukuwo dome” la nu.