Mark 9:12 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Yesu ɖo eŋu be, “Le nyateƒe me la, Eliya va xoxo, eye wòɖɔ nuwo katã ɖo. Azɔ nu ka ta woŋlɔe ɖi le Amegbetɔ Vi la ŋu be, akpe fu geɖe, eye woagbe nu le egbɔ ɖo?
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke egblɔ na wo bena: Eliya gbɔna gbãgbiagbã, eye wòaɖo nuwo katã ɖo; eye aleke woŋlɔ ɖi le Amegbetɔvi la ŋuti bena, akpe fu geɖe, eye woado vloe mahã?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eɖo eŋu na wo be: “Nyateƒe, ele be Eliya nava do ŋgɔ, be wòaɖo nuwo woteƒewoteƒe. Nu ka ta woŋlɔ ɖi le Amegbetɔ Vi la ŋu be akpe fu geɖe, eye woado vloe?
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Yesu ɖo eŋu be, “Le nyateƒe me la, Eliya va xoxo eye wòɖɔ nuwo katã ɖo. Azɔ nu ka ta woŋlɔe ɖi le Amegbetɔvi la ŋu be akpe fu geɖe eye woagbe nu le egbɔ?