Mark 9:18 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Nyateƒe ne gbɔgbɔ baɖa sia dze edzi la, ekɔnɛ xlãna ɖe anyi ŋɔdzitɔe, eye futukpɔ dona le enu, eɖua aɖukli, eye eƒe lãme liana kakoo. Meɖe kuku na wò nusrɔ̃lawo be woanya gbɔgbɔ vɔ̃ la le eme, gake womete ŋui o.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
eye afisi ke wòlée le la, enyamanɛ, eye futukpɔ dona le enu, eye woɖua aɖukli, eye wòɖia ku; megblɔ na wò nusrɔ̃lawo bena, woanyãe ado goe, eye womete ŋui o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Afi sia afi si wòlée le la, etsɔnɛ ƒua anyi, futukpɔ dona le enu, eye wòɖua aɖukli heliana. Mebia wò nusrɔ̃lawo be woanyàe ado goe, ke womete ŋui o.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Nyateƒe ne gbɔgbɔ baɖa sia dze edzi la, etsɔnɛ xlãna ɖe anyi ŋɔdzitɔe eye futukpɔ dona le enu bɔbɔbɔ; eɖua aɖukli eye eya ame bliboa ƒe lãme liana sesĩe. Meɖe kuku na wò nusrɔ̃lawo be woanya gbɔgbɔ vɔ̃ sia le eme gake womete ŋui o.”