Mark 9:20 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ale wokplɔ ɖevi la yi na Yesu, gake kaka wòakpɔ Yesu ko la, gbɔgbɔ vɔ̃ la xlãe ɖe anyigba sesĩe; eƒo dablibɛ le anyigba, eye futukpɔ hã nɔ dodom le enu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wokplɔe va egbɔ; esi wòkpɔe la, enumake gbɔgbɔ la nyamae, eye wòtsyɔ kplo hele dablibɛ ƒom le futukpɔ ɖem.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Wokplɔ ŋutsuvia va Yesu gbɔ. Esi gbɔgbɔ la kpɔ Yesu la, enyama ɖevi la, wòdze anyi enumake hele mimlim, eye futukpɔ le dodom le enu.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ale wokplɔ ɖevi la yii na Yesu. Gake kaka wòakpɔ Yesu ko la gbɔgbɔ vɔ̃ la xlãe ɖe anyigba sesĩe; eƒo dablibɛ le anyigba eye futukpɔ hã nɔ dodom le enu.