Mark 9:25 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Yesu kpɔ be ameha la nɔ agbɔ sɔm ɖe edzi, eya ta eɖe gbe na gbɔgbɔ vɔ̃ la be, “Gbɔgbɔ maƒonu, tokunɔ gbɔgbɔ, meɖe gbe na wò be, nàdo go le ɖevi sia me fifi laa, mèkpɔ mɔ agage ɖe eme azɔ o.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke esi Yesu kpɔ bena, ameha la le ɖu ƒum gbɔna la, ewo ɖe gbɔgbɔ makɔmakɔ la ta gblɔ bena: Wò gbɔgbɔ maƒonu kple tokunɔ, mede se na wò, do go le eme, eye tso esia dzi la megayi ɖe eme o!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi Yesu kpɔ be ameha aɖe le du dzi gbɔna la, eblu ɖe gbɔgbɔ makɔmakɔ la ta be: “Wò gbɔgbɔ tokunɔ aɖetututɔ, do go le ɖevia me, eye mègage ɖe eme azɔ gbeɖe o!”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Yesu kpɔ be ameha la nɔ dzidzim ɖe edzi eya ta eɖe gbe na gbɔgbɔ vɔ̃ la be, “O, gbɔgbɔ maƒonu, tokunɔ gbɔgbɔ, meɖe gbe na wò be nãdo go le ɖevi sia me enumake eye mèkpɔ mɔ agage ɖe eme azɔ o.”