Mark 9:29 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nu siawo ƒomevi wɔwɔ hiã gbedodoɖa kple nutsitsidɔ.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wògblɔ na wo bena: Esia ƒomevi la mate ŋu ado go to naneke me o, negbe to gbedodoɖa kple nutsitsidɔ me ko.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Egblɔ na wo be: “Esia ƒomevi ya la, womate ŋu anyàe ado goe to mɔ bubu aɖeke dzi o, negbe to gbedodoɖa me ko.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nu siawo ƒomevi wɔwɔ hiã gbedodoɖa kple nutsitsidɔ.”