Mark 9:31 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
edi be yeakpɔ ɣeyiɣi geɖe afia nu yeƒe nusrɔ̃lawo. Zi geɖe ne ele nu fiam wo la, egblɔna na wo be, “Woade Amegbetɔ Vi la asi, woawui, gake le ŋkeke etɔ̃ megbe la, magatsi tsitre tso ame kukuwo dome.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena efia nu eƒe nusrɔ̃lawo, eye wògblɔ na wo bena: Woade Amegbetɔvi la asi na amewo, eye woawui, eye ne wowui la, agatsi tre le ŋkeke etɔ̃agbe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
elabe enɔ nu fiam eƒe nusrɔ̃lawo be: “Wole Amegbetɔ Vi la de ge asi na amewo, eye woawui, eye ne wowui la, agatsi tsitre le ŋkeke etɔ̃ megbe.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
elabena edi be yeakpɔ ɣeyiɣi geɖe afia nu eƒe nusrɔ̃lawo. Zi geɖe ne ele nu fiam wo la egblɔna na wo be, “Nye Mesia la, woadem asi eye woawum. Gake le ŋkeke etɔ̃ megbe la magatsi tre tso ame kukuwo dome.”