Mark 9:50 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Yesu wu eƒe nuƒo la nu be, “Dze nye nu vevi aɖe, gake nenye be dze bu eƒe vivi la, womagate ŋu atsɔe ade naneke o; meganyo na naneke o, migabu vivi si le mia me la o! Minɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Dze la nu nyui wònye; ke ne dze bu eƒe vivi la, nuka tsɔ ge míala ado vivii mahã? Mina dze naɖo mi, eye ŋutifafa nanɔ mia dome.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Dze la, nu nyui wònye. Ke ne nu si wɔe wònye dze la do le eme la, nane li miatsɔ adee wòaganye dzea? Mina dze naɖo mi, eye minɔ ŋutifafa me kple mia nɔewo.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Yesu wu eƒe nuƒoa nu be, “Dze nye nu vevi aɖe gake nenye be dze bu eƒe vivi la, womagate ŋu atsɔe ade naneke o, elabena meganyo na naneke o. Eya ta migabu vivi si le mia me la o! Minɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me.”