Mark 9:7 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esi Petro nɔ nya siawo gblɔm la, lilikpo aɖe va tsyɔ wo dzi, hexe ɣe la ŋkume. Gbe aɖe ɖi tso lilikpo la me be, “Esia nye vinye lɔlɔ̃a. Miɖo toe.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye alilikpo va do vɔvɔli ɖe wo dzi, eye gbe tso alilikpo la me gblɔ bena: „Amesia enye vinye, si nyemelɔ̃a nu egbɔ o, miɖo to eyama!“
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Alilikpo va hedo vɔvɔli ɖe wo dzi. Tete gbe ɖi tso alilikpo la me be: “Vinyee nye ame sia! Nyemelɔ̃a nu le egbɔ o. Miɖo toe!”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Esi Petro nɔ nya siawo gblɔm la, alilikpo aɖe va tsyɔ wo dzi eye wòxe ɣe ŋkume. Gbe aɖe ɖi tso alilikpoa me be, “Esia nye vinye lɔlɔ̃a. Miɖo to eya amea.”