Matthew 10:41 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Nenye be miexɔ Nyagblɔɖila aɖe be enye Mawu ƒe ame la, woana fetu si ƒomevi woana Nyagblɔɖila la ke miawo hã, eye nenye be miexɔ ame nyui siwo vɔ̃a Mawu le woƒe dzadzɛnyenye ta la, woana fetu si woana woawo hã mi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Amesi ke xɔa nyagblɔɖila le nyagblɔɖila ƒe ŋkɔ dzi la, eya laxɔ nyagblɔɖila ƒe fetu; eye amesi ke xɔa ame dzɔdzɔe le ame dzɔdzɔe ƒe ŋkɔ dzi la, eya laxɔ ame dzɔdzɔe ƒe fetu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ame si xɔ Mawu ƒe gbeƒãɖela la, akpɔ gome le gbeƒãɖela la ƒe fetu si wòaxɔ la me, eye ame si xɔ ame dzɔdzɔe, le esi wònye ame dzɔdzɔe ta la, akpɔ gome le ame dzɔdzɔe la ƒe fetu si wòaxɔ la me.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Nenye be miexɔ nyagblɔɖila aɖe be enye Mawu ƒe ame la, woana fetu si ƒomevi woana nyagblɔɖila la ke miawo hã, eye nenye be miexɔ ame nyui siwo vɔ̃a Mawu le wòƒe dzadzɛnyenye ta la woana fetu si woana woawo hã mi.