Matthew 10:8 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Mida gbe le dɔnɔwo ŋu, migbɔ agbe ame kukuwo, mina anyidzelawo ŋuti nakɔ, eye minya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le amewo me. Mina nu amewo faa abe ale si wona mi ene!
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Mida gbe le dɔlélawo ŋu, migbɔ agbe ame kukuwo: mina anyidzelawo ŋuti nakɔ, eye minyẽ gbɔgbɔ vɔwo do goe. Faa miexɔe, faa minae.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Miyɔ dɔ dɔlélawo, eye migbɔ agbe ame kukuwo; mina kpodɔlelawo ŋuti nakɔ, eye minya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe. Miexe fe aɖeke ɖe nu si miexɔ la ta o, eya ta miawo hã mina nu faa.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Mida gbe le dɔnɔwo ŋu, migbɔ agbe ame kukuwo, mina anyidzelawo ŋuti nakɔ, eye minya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le amewo me. Mina nu amewo faa abe ale si wona mi ene!