Matthew 11:1 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Esi wòde se na nusrɔ̃la wuieveawo alea vɔ megbe la, Yesu ŋutɔ dze mɔ nɔ mawunya gblɔm le duwo me nɔ yiyim abe ale si wòɖoe da ɖi ene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòva me, esi Yesu de se na eƒe nusrɔ̃la wuieveawo vɔ la, edzo le afima, be yeayi aɖafia nu, eye yeagblɔ nya lé woƒe duawo me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Azɔ esi Yesu de dɔ siawo asi na eƒe nusrɔ̃la wui eveawo vɔ la, edzo le afi ma be yeaɖafia nu, eye yeagblɔ nya le woƒe duwo me.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Esi wòde se na nusrɔ̃la wuieveawo alea vɔ megbe la, Yesu ŋutɔ dze mɔ nɔ mawunya gblɔm le duwo me nɔ yiyim, abe ale si wòɖoe da ɖi ene.