Matthew 11:23 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Eye mi Kapernaumtɔwo, ɖe woade bubu mia ŋuti le dziƒoa? Gbeɖe, woaɖo mi ɖe dzomavɔʋe la me, elabena ɖe wowɔ nukunu klitsu siwo wowɔ le mewò le Sodom la, ne womatsrɔ̃ dua o, ke boŋ anɔ anyi va se ɖe egbe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wò, Kapernaum, alo menye ɖe wokɔ wo ɖe dzi yi ɖatɔ dziŋgɔli me oa? Woate wò ɖe to vaseɖe tsiẽƒe ke; elabena ŋusẽdɔwɔwɔ, siwo wowɔ le mewò la, ɖe wowɔ wo le Sodom la, ne etsi anyi vaseɖe egbegbe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke wò Kapernaum, ɖokuiwò dom nèle ɖe dzi kaka yi ɖatɔ dziƒoa? Woabɔbɔ wò ɖe anyi yi ɖase keke tsiẽƒe ke! Elabe ɖe wowɔ nukunu siwo wowɔ le mewò le Sodom la, anye ne dua gali va se ɖe egbe.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Eye wò Kapernaum, togbɔ be wode bubu gã aɖe ŋuwò hã la, ãyi dzomavɔ la me, elabena nenye Sodom ye mewɔ nukunu klitsu siwo mewɔ le mewò le la, ne wometsrɔ̃ dua o ke boŋ anɔ anyi va se ɖe egbe.