Matthew 11:25 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Le ɣeyiɣi sia me la, Yesu do gbe ɖa be, “Mekafu wò, O Fofo, dzi kple anyigba ƒe Aƒetɔ, be nèɣla nu siawo ɖe xexe sia me ƒe nunyala gãwo, eye nèɖee fia ame siwo xɔ dziwò se abe ɖeviwo ene la.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Le ɣemaɣi me la Yesu ɖo ŋu gblɔ bena: Fofo, dziƒo kple anyigba dzi Aƒetɔ, mekafu wò, elabena ètsɔ nusiawo ɣla ɖe nunyalawo kple nugɔmeselawo, eye nèɖe woawo fia vidzĩewo;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ɣe ma ɣi la, Yesu gblɔ be: “Tɔ́, dziƒo kple anyigba ƒe Aƒetɔ! Meda akpe na wò be nèɖe nu siwo le ɣaɣla ɖe nunyalawo kple nugɔmeselawo la fia ɖevi suewo.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Le ɣeyiɣi sia me, Yesu do gbe ɖa bena, “O Fofonye, dziƒo kple anyigba ƒe Aƒetɔ, meda akpe na wò bena nèɣla nyateƒe la ɖe ame siwo bu wo ɖokuiwo nunyala gãwoe, ke nèɖe nu siawo fia ɖevi suewo.