Matthew 11:27 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Egblɔ yi edzi be, “Fofonye tsɔ nu siwo katã nye nyateƒe la de asi nam. Fofo la koe nya ame si ƒomevi Vi la nye, eye Vi la kple ame siwo Vi la ɖee fia la koe nya Fofo la.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Fofonye tso nuwo katã de asi nam; eye amea ɖeke menya Vi la kpɔ o, negbe Fofo la ko; eye amea ɖeke menya Fofo la hã kpɔ o, negbe Vi la ko, kple amesi ke Vi la lɔ̃ bena, yeaɖee afiae.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Tɔ́nye tsɔ nuwo katã de asi nam. Ame aɖeke menya ame si nye Vi la o, negbe Tɔ́ la ko, eye ame aɖeke menya ame si nye Tɔ́ la o, negbe Vi la kple ame si ke Vi la lɔ̃ be yeaɖee afia la ko.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Egblɔ yi edzi be, “Fofonye tsɔ nu siwo katã nye nyateƒe la de asi nam. Fofo, la koe nya ame si ƒomevi Vi la nye, eye Vi la kple ame siwo Vi la ɖee fia la koe nya Fofo la.” Agbagbadzelawo kpekpe.