Matthew 11:7 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esi Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo nɔ dzodzom la, Yesu dze nuƒoƒo na ameha la tso Yohanes ŋu be, “Nu ka miedo go yi kpɔkpɔ ge le gbedzi? Aƒla si ya le ƒoƒoma?
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke esi woawo trɔ yina la, Yesu de asi nyagbɔgblɔ me na amehawo le Yohanes ŋuti bena: Nuka kpɔ ge miedo go yi le gbedzi mahã? Alo ayeti, si ya le ʋuʋum mahã?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi amedɔdɔ siawo dzo yina la, Yesu ƒo nu le Yohanes ŋu na ameha la be: “Nu kae miedo go yi gbedadaƒo be yewoaɖakpɔ? Aƒla si le ya ƒom lae loo?
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Esi Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo nɔ dzodzom la, Yesu dze nuƒoƒo na ameha la tso Yohanes ŋu gɔme be, “ ‘Nu ka miedo go yi gbedzi be miakpɔ? Aƒla si ya le ƒoƒoma?