Matthew 12:18 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Kpɔ ɖa esiae nye nye dɔla si metia, ame si melɔ̃ eye mekpɔa ŋudzedze le, matsɔ nye gbɔgbɔ kɔ ɖe eya amea dzi ne woadrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe na dukɔwo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
„Kpɔ ɖa, ye dɔla, si metia; ye blɔtɔ, amesi dzea ye luʋɔ ŋu la; matsɔ ye Gbɔgbɔ la ada ɖe eyama dzi, eye wòaka ʋɔnudɔdrɔ̃ ta na dukɔawo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Kpɔ ɖa, nye dɔla si metia lae nye esi. Enye ame si melɔ̃, eye mekpɔ ŋudzedze le eŋu. Makɔ nye Gbɔgbɔ ɖe edzi, eye wòaɖe gbeƒã nye ʋɔnudɔdrɔ̃ na trɔ̃subɔlawo.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
“ Nye kɔ nãkpɔ nye Dɔla la ɖa, kpɔ ame sia ɖa, eyae nye nye Ametiatia la. Eyae nye nye Lɔlɔ̃tɔ, si ŋu nye luʋɔ kpɔa dzidzɔ le. Made nye Gbɔgbɔ eme eye wòadrɔ̃ ʋɔnu dukɔwo.