Matthew 12:25 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Yesu nya nu si gblɔm wonɔ, eya ta eɖo eŋu na wo be, “Fiaɖuƒe si ma ɖe akpa eve, eye wotsi tsitre ɖe wo nɔewo ŋu la azu aƒedo, eye du alo aƒe si ma hetsi tsitre ɖe eya ŋutɔ ɖokui ŋu la agbã.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke esi Yesu nya woƒe tamebubuwo la, egblɔ na wo bena: Fiaɖuƒe sia fiaɖuƒe, si mã ɖe ye ŋutɔ ɖokui ŋuti la, ezua aƒedo, eye du sia ɖu alo aƒe sia aƒe, si mã ɖe ye ŋutɔ ɖokui ŋuti la, mele anyi nɔ ge o;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yesu dze si woƒe susu, eya ta wògblɔ na wo be: “Fiaɖuƒe ɖe sia ɖe si me nɔlawo ma, eye wotsi tre ɖe wo nɔewo ŋu la, gbãna. Nenema ke du alo aƒe ɖe sia ɖe si me nɔlawo ma, eye wotsi tre ɖe wo nɔewo ŋu la, adze anyi.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Yesu nya nu si gblɔm wonɔ eya ta eɖo ŋu na wo bena, “Fiaɖuƒe si ma ɖe akpa eve eye wotsi tre ɖe wo nɔewo ŋu la azu aƒedo. Eye du alo aƒe si ma hetsi tre ɖe ye ŋutɔ ɖokui ŋu la agbã.