Matthew 12:27 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ne miele gbɔgblɔm be mele gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam kple Belzebul ƒe ŋusẽ ɖe, ŋusẽ ka miaƒe amewo ya zãna ne wole gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam? Miaƒe amewo boŋ neɖo nya si mietsɔ ɖe ŋutinye la ŋu na mi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ne nye la menya gbɔgbɔ vɔ̃wo do go to Beelzebul dzi la, ekema miaƒe ŋutsuviwo la, ameka dzi woto nyã wo do goe mahã? Eyakeŋuti la woawo azu miaƒe ʋɔnudrɔ̃lawo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ne miele gbɔgblɔm be meto Belzebul, gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fia dzi nya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe la, ekema ame ka dzie mia viwo ya tona nyaa gbɔgbɔ vɔ̃wo doa goe? Nu si mia viwo wɔna lae adrɔ̃ ʋɔnu mi.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ne miele gbɔgblɔm be mele gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam kple Satana ƒe ŋusẽ ɖe, ŋusẽ kae miaƒe amewo ya zãna ne wole gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam? Miaƒe amewo boŋ neɖo nya si mietsɔ ɖe ŋutinye la ŋu na mi.