Matthew 12:35 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ame nyui ƒe nuƒo fiana be nu nyui wɔwɔ yɔ eƒe dzi me. Ke ame vɔ̃ɖi ya ƒe dzi me yɔna fũu kple nu vɔ̃, eye eƒe nuƒo ɖea vɔ̃ɖivɔ̃ɖinyenye sia fiana.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ame nyui la ɖea nu nyuiwo doa go tsoa nunyuidzraɖoƒe la, eye ame vɔ̃ɖi la ɖea nu vɔ̃ɖiwo doa go tsoa nuvɔ̃ɖidzraɖoƒe la.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ame nyui hea nu nyuiwo doa go tso eƒe nu nyui dzraɖoƒe, ke ame vɔ̃ɖi hea vɔ̃ɖitɔwo doa goe tso eƒe nuvɔ̃ɖi dzraɖoƒe la.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ame nyui ƒe nuƒo fiana be nu nyui wɔwɔ yɔ eƒe dzi me. Ke ame vɔ̃ɖi ya ƒe dzi me yɔna fũ kple nu vɔ̃, eye eƒe nuƒo ɖea vɔ̃ɖivɔ̃ɖinyenye sia fiana.