Matthew 12:41 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Le ʋɔnudrɔ̃gbe la, Ninivetɔwo kura gɔ̃ hã abu fɔ dukɔ sia, elabena woawo la, wotrɔ dzime esime Yona va gblɔ mawunya na wo. Ke ame si kɔ wu Yona boo la le afii, gake dukɔ sia gbe be yewomaɖo toe o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Niniwe-ŋutsuwo atsi tre le ʋɔnudɔdrɔ̃ la me kple nenem dzidzime sia, eye wòabu fɔe; elabena wòtrɔ le woƒe dzi me le Yona ƒe gbeƒẽɖeɖe la nu; eye kpo ɖa, amesi wu Yona la, le afii!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ninivetɔwo atsi tsitre le ʋɔnudrɔ̃gbe la kple mi dzidzime sia, eye woabu fɔ mi, elabe wotrɔ dzime esime Yona gblɔ mawunya na wo. Kpɔ ɖa, ame aɖe le afii si lolo wu Yona.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Le ʋɔnudrɔ̃gbe la, Ninivetɔwo atsi tre ɖe dukɔ sia ŋuti eye woabu fɔ mi. Elabena esi Yona gblɔ mawunya na wo la wotrɔ dzime, ɖe asi le woƒe nu tovowo wɔwɔ ŋu hetrɔ ɖe Mawu gbɔ. Ke azɔ la, ame aɖe le mia dome si de ŋgɔ wu Yona boo gake miegbe be yewomaxɔ edzi ase o.