Matthew 12:42 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Nyɔnufia si tso Seba la atsi tsitre ɖe dukɔ sia ŋu le ʋɔnudrɔ̃gbe la, eye wòabu fɔe, elabena exa ɖe Solomo ƒe nunya ta tso didiƒe ke va egbɔ be yease eƒe nufiamenyawo, ke azɔ la, ame aɖe si kɔ wu Solomo la le mia dome.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Dziehe-fianyɔnu la atsi tre le ʋɔnudɔdrɔ̃ la me kple nenem dzidzime sia, eye wòabu fɔe; elabena etso keke anyigba seƒe ke va Salomo ƒe nunya se ge; eye kpɔ ɖa, amesi wu Salomo la, le aɖi!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Le ʋɔnudrɔ̃gbe la, anyigbeme fianyɔnu la atsi tsitre, eye wòabu fɔ mi dzidzime sia, elabe ezɔ mɔ didi tso keke xexea me ƒe seƒe ke va be yease Salomo ƒe nya siwo me nunya le; ke kpɔ ɖa, ame aɖe le afii si lolo wu Salomo.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Fianyɔnu si tso Sheba la atsi tre ɖe dukɔ sia ŋu le ʋɔnudrɔ̃gbe eye wòabu fɔe, elabena exa ɖe Salomo ƒe nunya ta tso didiƒe ke va egbɔ bena yease eƒe nufiamenyawo, ke azɔ ame aɖe si kɔ wu Salomo la le mia dome.