Matthew 12:46 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esi Yesu ganɔ nu ƒom na ameha la, dadaa kple nɔviŋutsuwo nɔ aƒea godo, eye wonɔ didim be yewoaƒo nu kplii.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke esi wogale nu ƒom na amehawo la, kpɔ ɖa, dadaa kple nɔviawo le tsitre le xexe le didim be, yewoaƒo nu kpakplii.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi Yesu gale nu ƒom ko la, dadaa kple nɔvia ŋutsuwo va afi ma. Wotsi tsitre ɖe xexe le didim be yewoaƒo nu kplii. [
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Esi Yesu ganɔ nu ƒom na ameha la, dadaa kple nɔviaŋutsuwo nɔ aƒea godo eye wonɔ didim be yewoaƒo nu kplii.