Matthew 13:12 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ame si si nu le la, eyae woana nui ale be nu si le esi la nasɔ gbɔ ɖe edzi, ke ame si si nu mele o la, sue si le esi hã la, woaxɔe le esi wòatsi asi ƒuƒlu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena amesi ke nu le esi la, eya woana nui, eye woagbã go ne: ke amesi ke nu mele esi o la, nusi ke le esi la, woaxɔ eya hã le esi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Elabe ame si si nu le la, woana nui wòasɔ gbɔ ɖe edzi; ke ame si si sue aɖe ko le la, woaxɔ sue si le esi la hã le esi.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ame si si nu le la, eyae woana nui ale be nu si le esi la nasɔ gbɔ ɖe dzi, ke ame si si nu mele o la, sue si le esi hã la woaxɔe le esi wòatsi asi ƒuƒlu