Matthew 13:14 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Nya sia wu nyagblɔɖila Yesaya ƒe nyagblɔɖi sia nu be, “ ‘Miaƒe towo ase nyawo gake miase wo gɔme o, Miaƒe ŋkuwo akpɔ nu gake miele si dze gee o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye woawu Yesaya ƒe nyagblɔɖi, si wògblɔ le wo ŋuti la nu bena: „Miase nu kple to, eye miele egɔme se ge gbeɖe o; míakpɔ nu kple ŋku, eye miele si dze gee gbeɖe o;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yesaya ƒe gbeƒã si wòɖe la va eme pɛ be: ‘Ame siawo ase nu, agase nu, gake womase egɔme o. Woakpɔ nu, agakpɔe, ke womadze sii o.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
” Nya sia wu nyagblɔɖila Yesaya ƒe nyagblɔɖi sia nu bena, ‘Wosea nya, ke womesea egɔme o, wokpɔa nu, ke womedzea si nu si wokpɔ la o!