Matthew 13:17 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Mele egblɔm na mi nyateƒetɔe be, nyagblɔɖila geɖewo kple ame dzɔdzɔe geɖewo di vevie be yewoakpɔ nu siwo kpɔm miele, eye yewoase nya siwo sem miele la, gake womete ŋui o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Vavã mele egblɔm na mi bena: Nyagblɔɖilawo kple ame dzɔdzɔe geɖewo di be, yewoakpɔ nusiwo kpɔm miele, eye womekpɔe o; eye be, yewoase nusiwo sem miele la, eye womesee o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mele egblɔm na mi be, Mawu ƒe gbeƒãɖela kple ame dzɔdzɔe geɖewo di vevie be yewoakpɔ nu si kpɔm miele la, gake womekpɔe o. Wodi be yewoase nu si sem miele la, gake womesee o.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Mawuvɔ̃la geɖewo kple nyagblɔɖila geɖewo di vevie bena yewoakpɔ nu siwo kpɔm miele eye yewoase nya siwo sem miele gake womete ŋui o.