Matthew 13:19 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Anyigba alo mɔ to, afi si nuku aɖewo ge ɖo la nye ame aɖe ƒe dzi. Ame sia sea nyanyui la tso mawufiaɖuƒe la ŋuti, gake mesea egɔme o, ale Satana va ɖea nyanyui la le eƒe dzi me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Amesiame, si le fiaɖuƒe la ŋutinya sem, eye mesea egɔme o la, vɔ̃ɖitɔ la lava aha nusi wowu ɖe eƒe dzi me. Esia enye amesi gbɔ wowui ɖe mɔto le la.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ame sia ame si sea gbeƒãɖeɖe le fiaɖuƒe la ŋuti, gake mesea egɔme o la, Vɔ̃ɖitɔ la vana, eye wòhaa nu si woƒã ɖe eƒe dzime la. Eyae nye nya si wowu ɖe mɔ to la.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Anyigba alo mɔto afi si nuku aɖewo ge ɖo la, nye ame aɖe ƒe dzi. Ame sia sea nyanyui la tso mawufiaɖuƒe la ŋuti gake mesea egɔme o, ale Satana vana eye woɖea nyanyui la le eƒe dzi me.