Matthew 13:30 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
eya ta mina wo katã natsi aduadu va se ɖe nuŋeɣi, ekema mana nuŋelawo naho gbekuawo, atɔ dzo wo, eye woatsɔ bli la akɔ ɖe nye ava me!’ ”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Mina wo kpakple eve la katã natsi vaseɖe nuŋeɣi, eye ne nuŋeɣia ɖo la, magblɔ na nuŋelawo bena: Miƒo gbe wuwluiawo nu ƒu gbã, eye mibla wo tatata, bena woatɔ dzo wo; ke lu la, miƒo eya nu ƒu ɖe nye ava la me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Migblẽ luawo kple gbe wuwluiawo ɖi, be wo katã natsi va se ɖe nuŋeɣi. Ekema magblɔ na nuŋelawo be woaho gbeawo gbã, abla wo ta, ta, ta, eye woatɔ dzo wo, eye emegbe la woaxa lu la, alɔ ayi ɖe nye ava me.’ ”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Eya ta mina wo katã natsi aduadu va se ɖe nuŋeɣi, ekema mana nuŋelawo naho gbekuawo atɔ dzo wo, eye woatsɔ bli la akɔ ɖe nye ava me!’”