Matthew 13:32 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Togbɔ be enye atiku suetɔ wu le atikuwo dome hã la, ne etsi la, ezua ati gã si ƒoa atiwo katã ta, eye xeviwo va wɔa atɔ ɖe alɔawo me hekpɔa gbɔdzɔe.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
evɔ wònye eyae nye suetɔ le atikuwo katã dome hafi; gake ne etsi ko la, ezua ati, eye wòƒoa abɔmetiwo katã ta; ale bena dziƒoxeviwo va wɔa atɔ ɖe eme.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Enye atikuwo katã dome suetɔ, ke ne etsi la, ezua ati lolotɔ. Ale xeviwo va wɔa atɔ ɖe eƒe alɔwo me.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Togbɔ be enye atiku suetɔ wu le atikuwo dome hã la, ne etsi la, eva zua ati gã si ƒoa atiwo katã ta, eye xeviwo va wɔa atɔ ɖe eme hekpɔa gbɔdzɔe.”