Matthew 13:33 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Yesu yi edzi kple lododo bubu be, “Dziƒofiaɖuƒe la ɖi nuʋãnu si nyɔnu aɖe tsɔ de abolomɔ me, eye wòwɔ dɔ to abolomɔ blibo la me va se ɖe esime wòʋã nyuie.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Lo bubu wògado na wo bena: Dziƒofiaɖuƒe la ɖi amɔwɔ ʋaʋã, si nyɔnua ɖe tsɔ de amɔwɔ dzidzenu etɔ̃ me, halase esime wòʋã keŋkeŋ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yesu gado lo bubu na wo be: “Dziƒofiaɖuƒe la le abe amɔwɔʋãnu, si nyɔnu aɖe tsɔ de amɔwɔ maʋamaʋã nudzidzenu etɔ̃ me, va se ɖe esime amɔwɔ la katã ʋã ene.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Yesu yi edzi kple lododo bubu be: “Dziƒofiaɖuƒe la ɖi nyɔnu si le yevubolo wɔm. Ekua yevubolowɔ la ɖe sinu eye wòtsɔa nuʋãnu dea eme henyamanɛ va se ɖe esime yevubolomɔ la hona.”