Matthew 13:44 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Dziƒofiaɖuƒe la le abe kesinɔnu aɖe si ŋu ame aɖe va ke ɖo le anyigba aɖe me ene. Eye le dzidzɔ si wòkpɔ le kesinɔnu sia ŋuti ta la, edzra nu sia nu si le esi la be yeakpɔ ga atsɔ aƒle anyigba sia kple kesinɔnu la katã.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Dziƒofiaɖuƒe la ɖi kesinɔnu, si woɣla ɖe abɔ me, esi amea ɖe kpɔ, eye wòtsɔe ɣla; eye le dzidzɔ, si wòkpɔ le eŋuti ta la, eyi ɖatsɔ nusiwo katã le esi la dzra, eye wòƒle nenem abɔ ma.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Dziƒofiaɖuƒe la ɖi kesinɔnu si woɣla ɖe agble aɖe me, eye ame aɖe fɔe gatsɔ ɣla la. Ekpɔ dzidzɔ ŋutɔ, ale wòyi ɖatsɔ nu siwo katã le esi la dzra, eye wòyi ɖaƒle agblea.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Dziƒofiaɖuƒea le abe kesinɔnu aɖe si ŋu ame aɖe va ke ɖo le anyigba aɖe me ene. Eye le dzidzɔ si wòkpɔ le kesinɔnu sia ŋuti ta la, edzra nu sia nu si le esi bena yeakpɔ ga atsɔ a ƒle anyigba sia kple kesinɔnua katã.