Matthew 13:48 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esi wòhe asabu la va gotae la, enɔ anyi tia lã ɖuɖuawo ɖe teƒe ɖeka, ke esiwo womeɖuna o la, etsɔ wo ƒu gbe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
eye esi wòyɔ fũ la, woɖee va gota, eye wobɔbɔ nɔ anyi ƒo nyuiawo nu ƒu ɖe nuwo me, ke wotsɔ vloawo ƒu gbe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi ɖɔa yɔ la, wohee va gota, eye wonɔ anyi hetia lãawo me. Wolɔ ɖuɖuawo de kusiwo me, eye wotsɔ maɖumaɖuawo ƒu gbe.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Esi wòhe asabua va gotae la, enɔ anyi tia lã ɖuɖuawo ɖe afi ɖeka, ke esiwo womeɖuna o la, etsɔ wo ƒu gbe.