Matthew 13:52 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ale wòɖo eŋu na wo be, “Eya ta sefiala ɖe sia ɖe si wofia nui tso dziƒofiaɖuƒe la ŋuti la le abe aƒetɔ aɖe si ɖe eƒe kesinɔnu yeye kple xoxoa siaa do goe tso eƒe nudzraɖoƒe la ene.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wògblɔ na wo bena: Eyakeŋuti agbalẽfiala sia agbalẽfiala, si wowɔ nusrɔ̃lae na dziƒofiaɖuƒe la la, eɖi aƒetɔ, si ɖea nu yeyewo kple nu xoxowo ɖe go tsoa eƒe nudzraɖoƒe la me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale Yesu gblɔ na wo be: “Ekema esia fia be agbalẽfiala ɖe sia ɖe si zu dziƒofiaɖuƒea ŋuti nusrɔ̃la la ɖi aƒetɔ aɖe, si ɖea nu yeyewo kple xoxoawo ɖe go tso eƒe nudzraɖoƒe.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ale wòɖo eŋu na wo bena, “Eya ta sefiala ɖe sia ɖe si wofia nui tso dziƒofiaɖuƒe la ŋuti la, le abe aƒetɔ aɖe si ɖe eƒe kesinɔnu yeye kple xoxoa siaa do goe tso eƒe nudzraɖoƒe ene.”