Matthew 15:22 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Kanan nyɔnu aɖe si le afi ma la va egbɔ va ɖe kuku nɛ vevie be, “O, Aƒetɔ, Fia David ƒe Vi, kpɔ nye nublanui! Gbɔgbɔ vɔ̃ ge ɖe vinye nyɔnuvi me, eye wòwɔa fui ɣe sia ɣi.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye kpo ɖa, Kanaan-nyɔnua ɖe ɖo go tso afima nutoawo me, eye wòɖo ɣli gblɔ bena: Aƒetɔ, Dawid vi la, kpɔ ye nublanui! Vinyenyɔnuvi le fu kpem ŋɔdzitɔe tso gbɔgbɔ vɔ̃ si me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Kanaan-nyɔnu aɖe, si tso nuto mawo me la va egbɔ kple ɣli be: “Nye Aƒetɔ, David Vi, kpɔ nublanui nam! Vinye nyɔnuvi le fu kpem ŋɔdzitɔe tso gbɔgbɔ vɔ̃ si me!”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Kanaan nyɔnu aɖe si le afi ma va egbɔ va ɖe kuku nɛ vevie bena, “O, Aƒetɔ, Fia David Vi, kpɔ nye nublanui! Gbɔgbɔ vɔ̃ ge ɖe vinye nyɔnuvi me eye wòwɔa fui ɣesiaɣi.”