Matthew 16:17 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Yesu gblɔ nɛ be, “Mawu neyra wò, Simɔn Yona ƒe vi, elabena Fofonye si le dziƒo la ŋutɔe ɖe nu sia fia wò, ke menye amegbetɔ aɖeke gbɔe wòtso o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke Yesu ɖo eŋu gblɔ nɛ bena: Woayra wò, Simon, Bar-Yona! Elabena ŋutilã kple ʋu meɖe esia fia wò o, negbe Fofonye, si le dziƒowo la ko.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yesu gblɔ nɛ be: “Mawu yra wò, Simon, Yona vi, elabe menye amegbetɔ aɖekee ɖe esia fia wò o, ke Tɔ́nye si le dziƒowo la boŋ ye.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Yesu gblɔ nɛ bena, “Mawu neyra wò, Simɔn Yona vi. Elabena Fofonye si le dziƒo la ŋutɔe ɖe nu sia fia wò, ke menye amegbetɔ aɖeke gbɔe wòtso o.