Matthew 16:21 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Tso azɔ dzi heyi la, Yesu ƒoa nu na eƒe nusrɔ̃lawo tso eƒe Yerusalem yiyi kple nu siwo adzɔ ɖe edzi le afi ma la ŋuti. Egblɔ na wo be, le Yerusalem la, Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo, agbalẽfialawo kple dumegãwo awɔ fu ye, eye woawu ye, gake yeagafɔ le ŋkeke etɔ̃a gbe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tso ekema dzi la Yesu de asi eƒe nusrɔ̃lawo fiafia me, alesi, wòle nɛ godoo bena, wòayi Yerusalem, eye woakpe fu geɖe atso amegãwo kple nunɔlagãwo kpakple agbalẽfialawo si me, eye woawui, eye le ŋkeke etɔ̃agbe wòafɔe ɖe tsitre.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tso gbe ma gbe dzi la, Yesu de asi nyameɖeɖe me na eƒe nusrɔ̃lawo be ele be yeayi Yerusalem aɖakpe fu geɖe tso amegãwo, nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo si me. Woawu ye, eye le ŋkeke etɔ̃a gbe la, Mawu afɔ ye ɖe tsitre.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Tso azɔ dzi heyi la, Yesu ƒoa nu na eƒe nusrɔ̃lawo tso eƒe Yerusalem yiyi kple nu siwo adzɔ ɖe edzi le afi ma la ŋuti. Egblɔ na wo bena, le Yerusalem la, Yudatɔwo ƒe Osɔfogãwo, agbalẽfialawo kple dumegãwo awɔ fu ye eye woawu ye gake le ŋkeke etɔ̃a gbe la, yeafɔ ɖe tsitre.