Matthew 16:23 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Yesu trɔ ɖe Petro ŋuti gblɔ nɛ be, “Te ɖa le gbɔnye, Satana! Ènye nukikli le mɔ me nam, elabena Mawu me nuwo mele susu me na wò o, negbe amegbetɔwo tɔ ko. Èle mɔ vɔ̃ɖi aɖe trem nam. Èle nya sia gblɔm le amegbetɔ ƒe nukpɔkpɔ nu, ke menye le ale si Mawu ɖoe la nu o.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke etrɔ gblɔ na Petro bena: Te ɖa yi megbenye, Satana! Nuɖiaɖia nènye nam, elabena menye Mawu tɔ nesusu o, negbe nusi nye amegbetɔwo tɔ ko.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yesu trɔ gblɔ na Petro be: “Dze nam mayi, Satana! Ènye mɔxenu nam elabe wò tamesusuwo menye Mawu tɔ o, ke boŋ amegbetɔwo tɔ ko.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Yesu trɔ ɖe Petro ŋuti gblɔ nɛ bena, “Te ɖa le gbɔnye, Satana! Èle mɔ vɔ̃ɖi aɖe trem nam. Èle nya sia gblɔm tso amegbetɔ ƒe nukpɔkpɔ nu, ke menye le ale si Mawu ɖoe la nu o.”